Matthew 19:16-30

Ɖekakpui kesinɔtɔ la

(Marko 10:17-31; Luka 18:18-30)

16Ame aɖe hã va Yesu gbɔ kple biabia sia bena, “Aƒetɔ nyui, nu kae mawɔ bena makpɔ agbe mavɔ?”

17Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la ekema Mawue ma yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li esi woayɔ be ame nyui eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la mele egblɔm na wò be ate ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi.”

18Ŋutsu la gabiae be, “Se kawoe?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woawoe nye, mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, megafi fi o, mègada alakpa o, 19bu fofowò kple dawò, lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene!”

20Ɖekakpui la gblɔ nɛ bena, “Mewɔa se siawo dzi tso nye ɖevime ke, ke nu kae gasusɔ mawɔ?”

21Yesu gblɔ nɛ bena, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme.” 22Ke esi ɖekakpui la se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena kesinɔnu geɖe le esi.

23Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Nyateƒe asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ, bena woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 24Megale egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na kposɔ bena wòato abui ƒe vo me tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”

25Ke esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, woƒe nu ku eye wobia be, “Ke ame ka gɔ̃ ate ŋu akpɔ ɖeɖe le xexe sia me?”

26Yesu kpɔ wo du eye wògblɔ bena, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o.”

27Petro gblɔ nɛ bena, “Míawo la míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme. Fetu kae miakpɔ?”

28Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo. 29Eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, nɔvia ŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka eye wòanyi agbe mavɔ ƒe dome. 30Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo fifia la azu mlɔeawo eye amesiwo nye mlɔeawo la azu gbãtɔwo.”

Copyright information for EweBEE